John 4

Yesu ƒe dzeɖoɖo kple Samaria nyɔnu la

1Farisitɔwo se be Yesu le nusrɔ̃lawo kpɔm fũ eye wole mawutsi dem ta na amewo tsɔ wu Yohanes, 2togbɔ be menye eya ŋutɔ le mawutsi dem ta na amewo o ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawoe. 3Esi Yesu se nya sia la, edzo le Yudea, hetrɔ yi Galilea nutowo me.

4Enɔ na Yesu be woato Samaria nutowo me hafi ayi Galilea. 5Le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, eva ɖo Samariatɔwo ƒe du aɖe si woyɔna be Sikar la ƒe gbɔto. 6Yakɔb ƒe vudo la le afi sia. Vudo sia le anyigba si Yakɔb tsɔ na via Yosef la dzi. Le mɔ legbe si wòzɔ le ŋdɔ sesẽ nu kple ɖeɖiteameŋu ta la, Yesu bɔbɔ nɔ vudoa gbɔ be yeadzudzɔ.

7Eteƒe medidi o, Samaria nyɔnu aɖe va be yeaku tsi, ale Yesu biae be nena tsi vi aɖe ye yeano. 8Yesu ɖeka koe nɔ teƒea le ɣeyiɣi sia me elabena eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi kɔƒea me nuɖuɖu ƒle ge. 9Ewɔ nuku na Samaria nyɔnua ŋutɔ be Yesu si nye Yudatɔ la bia nu ye Samariatɔ. Le nyateƒe me la, Yudatɔwo meƒoa nu kple Samariatɔwo o. Le esia ta Samaria nyɔnua gblɔ na Yesu bena, “Ale ke wò Yudatɔ, nèle tsi biam nye Samaria nyɔnu be yeano?”

10Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne ɖe nènya ame si ƒomevi menye kple nunana xɔasi si Mawu ɖo ɖi na wò la, anye ne àbiam be mana agbetsi la ƒe ɖe ye.”

11Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be, “Vudo sia goglo ŋutɔ eye tɔkpo kple ka mele asiwò be nàtsɔ aku tsii le eme o. Afi ka nèle agbetsia kpɔ ge le? 12Hekpe ɖe esia ŋu la, woe de ŋgɔ wu mia tɔgbuitɔgbui Yakɔb mahã? Ale ke wɔ wò nàte ŋu ana tsi si nyo wu tsi si eya kple viawo kpakple eƒe nyiwo no va yi?”

13Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne amewo no tsi sia ƒe ɖe la, tsikɔ gawua wo. 14Gake tsi si mana wò la, azu agbetsi anɔ dzidzim le mewò, ana be tsikɔ magawu wo o, ke boŋ ahe agbe mavɔ vɛ na wò.”

15Nyɔnu la gblɔ na Yesu bena, “Aƒetɔ, meɖe kuku, na tsi sia ƒe ɖem! Ekema nyemagazɔ azɔli tso keke dua me ke ava nɔ tsi kum le afi sia gbe sia gbe o.”

16Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Heyi nàyɔ srɔ̃wo vɛ.”

17Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be, “Srɔ̃ mele asinye o.”

Yesu gblɔ nɛ be, “Èto nyateƒe esi nègblɔ be srɔ̃ mele asiwò o.
18Elabena nèɖe ŋutsu atɔ̃ kpɔ, eye ame si gbɔ nèle fifia hã la menye srɔ̃wò wònye o, èto nyateƒe le nya sia me.”

19Egblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, mexɔe se be nyagblɔɖilae nènye. 20Nu ka tae mi Yudatɔwo mienɔa gbɔgblɔm godoo be Yerusalem kokokoe wòle be woasubɔ Mawu le evɔ mí Samariatɔwo hã miebe, ale be woasubɔ Mawu le to sia dzi elabena afi siae mía tɔgbuiwo subɔe le?”

21Yesu gblɔ nɛ bena, “Nyɔnu, xɔm se be ɣeyiɣi gbɔna eye womagasubɔ Fofo la le to sia dzi alo Yerusalem o. 22Mi Samariatɔwo la miesubɔa nu si mienya o, ke míawo la míesubɔa nu si míenya, elabena xɔxɔ la tso Yudatɔwo gbɔ. 23Gake ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye wòde azɔ be nyateƒe subɔsubɔwɔlawo woasubɔ Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elabena Fofo la dia subɔla siawo tɔgbi 24Mawue nye Gbɔgbɔ eye ame siwo le esubɔm la, ele be woasubɔe le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.”

25Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be, “Nye la, menyae bena Mesia alo Kristo la le vava ge eye ne eva la aɖe nu sia nu gɔme na mí.”

26Yesu gblɔ nɛ be, “Nyee nye Mesia la.”

Nusrɔ̃lawo gbɔ tso Samaria dua me

27Esi wògblɔ nya sia vɔ tete ko la eƒe nusrɔ̃lawo va do. Ewɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ bena Yesu nɔ dze ɖom kple nyɔnu aɖe gake wo dometɔ aɖeke mebia nu si ta wòle nu ƒom kple nyɔnua alo nu si me dzrom wonɔ la o.

28Nyɔnu la gblẽ eƒe tsize la ɖe vudoa to eye wòtrɔ yi dua me hegblɔ na ame siwo wòkpɔ la be, 29“Miva kpɔ ŋutsu aɖe si gblɔ nu siwo katã mewɔ kpɔ la nam ɖa. Ɖe manye ame siae nye Kristo la oa?” 30Ale ame geɖewo fũ tso dua me va bena yewoakpɔ amea ɖa.

31Esi nuɖuɖua sɔ gbe la, nusrɔ̃lawo ɖe kuku na Yesu be wòaɖu nu. 32Ke Yesu gblɔ na wo bena, “Nyemaɖu nu o, elabena nuɖuɖu aɖe le asinye esi ŋu miawo mienya nu le o.”

33Ke nusrɔ̃lawo bia le wo nɔewo dome be, “Ame kae tsɔ nuɖuɖua vɛ nɛ?”

34Yesu ɖe eme na wo bena, “Nye nuɖuɖue nye be mawɔ Mawu, ame si ɖom ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu eye mawu dɔ si wodɔm la nu. 35Menye miawoe nɔa gbɔgblɔm be esusɔ ɣleti ene ne nuŋeɣi naɖo oa? Miwu miaƒe ŋkuwo dzi, ne miakpɔ agblewo dzi ɖa, nukuawo tsi eye wole klalo na ŋeŋe xoxo. 36Nuŋelawo axɔ fetu nyuiwo eye woakplɔ ame geɖewo va agbe mavɔ mee. Nuƒãlawo kple nuŋelawo siaa akpɔ dzidzɔ geɖe. 37Enye nyateƒe be ame aɖee doa nu hafi ame aɖe va ŋena. 38Nye la medɔ mi be miayi aɖaŋe nu le afi si mieƒã nu ɖo o, ame bubuwoe ƒã nua hafi miawo mieyi ɖaŋe wo.”

Samariatɔ geɖewo xɔ Yesu dzi se

39Esi Samaria nyɔnua gblɔ na wo detɔwo be Yesu gblɔ nu sia nu si yewɔ kpɔ la na ye la, ame geɖe ŋutɔ le dua me xɔe se be Yesue nye Mesia la. 40Azɔ esi Samariatɔwo va egbɔ la woɖe kuku nɛ be wòanɔ yewo gbɔ, eye wònɔ wo gbɔ ŋkeke eve 41Le eƒe nyawo ta la ame geɖe wu xɔ edzi se. 42Ale wova gblɔ na nyɔnu si do goe gbã le vudoa to be, “Azɔ la, miawo hã miexɔ edzi se elabena míawo ŋutɔ hã miese nya geɖewo tso eƒe nume, ke menye le wò ɖaseɖiɖi ɖeɖe ko ta o. Le nyateƒe me la, ame siae nye xexeame ƒe Ɖela vavã.”

Yesu yɔ dɔ Kapernaum ʋafia la ƒe viŋutsu

(Mateo 8:5-13; Luka 7:1-10)

43Le ŋkeke eve megbe la edzo yi Galilea. 44Elabena Yesu ŋutɔ gblɔe ɖi xoxo be, nyagblɔɖila aɖeke mekpɔa bubu le eya ŋutɔ de o. 45Gake esi wòyi Galilea la, Galileatɔwo xɔe alɔ eve, elabena ewɔ nukunu geɖewo wokpɔ le Yerusalem esi woyi ɖaɖu ŋutitotoŋkeke nyui la le afi ma.

46Yesu gava Kana le Galilea afi si wòtrɔ tsi wòzu wain le. Afi mae wòdo go fiaŋutime aɖe le, ŋutsu sia vi le dɔ lém le Kapernaum. 47Esi wòse be Yesu tso Yudea va ɖo Galilea la, eyi egbɔ heɖe kuku nɛ be wòava yɔ dɔ ye viŋutsuvi si ɖo kudo nu la na ye.

48Yesu biae bena, “Ke mia dometɔ aɖeke maxɔ dzinye ase o, negbe ɖe ko mewɔ nukunu geɖewo hafia?”

49Aʋafia la ɖe kuku nɛ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, va míyi kaba hafi vinyea naku?”

50Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Trɔ nàyi aƒe elabena viwò la ƒe lãme sẽ.” Aʋafia la xɔ Yesu dzi se eye wòtrɔ hedze aƒemɔ dzi. 51Esi wònɔ mɔa dzi yina la, eƒe dɔla aɖewo va kpee hegblɔ nɛ be, via ƒe lãme sẽ. 52Aʋafia la bia wo be woagblɔ gaƒoƒo si me tututu ŋutsuvi la ƒe lãme sẽ la na ye. Woɖo eŋu nɛ bena, “Etsɔ, anɔ abe ŋdɔ ga ɖeka me ene la, asrã sesẽ la dzo ɖa le edzi kpata.” 53Aʋafia la ɖo ŋku edzi be gaƒoƒo ma me tututue Yesu gblɔ na ye be, “Viwò la ƒe lãme sẽ.” Ale aʋafia sia kple eƒe aƒemetɔwo katã xɔe se be Yesue nye Mesia la vavã.

54Esia nye Yesu ƒe nukunu evelia si wòwɔ esi wòtso Yudea va Galilea.

Copyright information for EweBEE